2 Peter 2

Aʋatsonufialawo kple woƒe tsɔtsrɔ̃

1Gake aʋatsonyagblɔɖilawo nɔ ameawo dome abe ale si aʋatsonufialawo anɔ miawo hã domee ene. Woahe nudadafiafiawo vɛ le adzame, woagbe nu gɔ̃ hã le aƒetɔwo dzi Aƒetɔ si xɔ wo ƒle la gbɔ eye woahe gbegblẽ ava woawo ŋutɔ ɖokui dzii kaba ŋutɔ. 2Ame geɖewo adze woƒe ŋukpenanuwɔwɔwo yome eye woahe nyateƒe ƒe mɔ la ade nyahehe dzodzrowo me. 3Nufiala siawo, le woƒe ŋukeklẽ me atsɔ nya kpakpawo aɖe vi le mia ŋuti. Woƒe fɔbubu le ta dzi na wo tso blema ke eye woƒe gbegblẽ medɔ alɔ̃ o.

4Elabena ne Mawu mekpɔ nublanui na mawudɔlawo esi wowɔ nu vɔ̃ o, ke boŋ eɖo wo ɖe dzomavɔ me, hede gawo ɖe ʋe globo do viviti me, be woanɔ afi ma va se ɖe ʋɔnudrɔ̃gbe; 5ne metsɔe ke blema xexemetɔwo o, ke boŋ wòna tsi ɖɔ hetsrɔ̃ mawumavɔ̃la mawo, negbe dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela, Noa, kple ame adreawo koe wòɖe; 6ne ebu fɔ Sodom kple Gomora duawo hena dzo fia wo wozu afi, eye wòtsɔ wo wɔ kpɔdzidzee na nu si adzɔ ɖe mawumavɔ̃lawo dzi; 7ne eɖe dzɔdzɔetɔ Lot, ame si semanɔsitɔ mawo ƒe agbe ƒaƒã nɔnɔ ti kɔ na, 8elabena esi ame dzɔdzɔe ma nɔ wo dome la, eƒe luʋɔ dzɔdzɔe la kpea fu gbe sia gbe ne ekpɔ eye wòse semanɔsigbe si nɔm ameawo le. 9Ne ele alea la, ekema Aƒetɔ la nya ale si wòaɖe mawuvɔ̃lawo tso dodokpɔwo mee eye wònya ale si wòalé mawumavɔ̃lawoe, anɔ to hem na wo va se ɖe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la dzi. 10Esia nye nyateƒe, vevietɔ na ame siwo dze nu vɔ̃ ŋutilã ƒe dzodzro vɔ̃wo yome eye wodoa vlo kplɔlawo. Dzideƒo kple ɖokuiŋudzedze le ame siawo me ale gbegbe be, womevɔ̃na nya vlowo gbɔgblɔ ɖe dziƒo nuwo ŋu o. 11Togbɔ be mawudɔlawo de ŋgɔ, he sesẽ wu wo gɔ̃ hã la, wometsɔa ameŋugblẽnya tsoa nugbagbe siawo nui le Aƒetɔ la ƒe ŋkume o. 12Gake ame siawo gblɔa busunya le nya siwo gɔme womese o la me. Wole abe lã siwo si nunya mele o, nuwɔwɔ siwo wɔ nu ɖekematsɔlemetɔe kple lã siwo wodzi ko be woalé wo eye woatsrɔ̃ wo la ene. Eye abe lãwo ene la, woawo hã atsrɔ̃.

13Woaxe fe na wo kple nuveviwɔme, ɖe nu vevi si wowɔ amewo la ta. Woƒe susu le dzidzɔdoname ŋutie nye be woamu aha ŋdɔkutsu dzatsɛ, wonye ɖiƒoƒo kple kpɔtsɔtsɔ gã aɖe le miaƒe habɔbɔ la ŋu, elabena wotua aglo manyatalenuwo, evɔ la wonɔa anyi ɖe kplɔ̃ ɖeka ŋu ɖua nu kpli mi. 14Ahasiwɔwɔ xɔ ŋku dzi na wo eye womedzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ gbeɖe o, wodɔna kple ame malikewo. Wobi ɖe ŋukeklẽ me eye wonye dzidzime si dzi fiƒode le! 15Wogblẽ mɔ dzɔdzɔe la ɖi, helé Beor vi, Balaam ƒe mɔ tsɔ, ame si lɔ̃ vɔ̃ɖinyenye ƒe fetu. 16Ke tedzi, lãmaƒonu, tsɔ ame ƒe gbe ƒo nui nɛ, heka mo nɛ ɖe eƒe vɔ̃ wɔwɔ ta, heɖo asi nyagblɔɖila la ƒe tsukunuwo wɔwɔ dzi.

17Ŋutsu siawo le abe vudo siwo me tsi mele o kple afudodo si ahom lɔna ɖe nu la ene. Wodzra viviti tsiɖiɖsiɖi ɖo ɖi na wo. 18Elabena wotsɔa woƒe nu gblɔa nya dzodzro, siwo me dada le, wotsɔa nu vɔ̃ ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃wo heblea ame siwo si le ame vɔ̃ɖiwo nu fifi laa la nu. 19Wodoa ablɔɖe ƒe ŋugbe na wo, esi woawo ŋutɔ nye kluviwo na anyidzedze, elabena ame nyea kluvi na nu sia nu si ɖu aƒetɔ ɖe eya amea dzi. 20Nenye be wosi le gbegblẽ si le xexeame nu, to sidzedze míaƒe Aƒetɔ kple Ɖela Yesu Kristo me, evɔ wogbugbɔ gabla wo ɖe numawo ke me, heɖu wo dzi la, woƒe nuwuwu avɔ̃ɖi wu ale si wonɔ le gɔmedzedzea me. 21Anyo na wo be womanya dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ o, wu be woanyae eye woatrɔ megbe ade sedede kɔkɔe si wotsɔ de asi na wo. 22Ame siawo la lododo siawo nye nyateƒe le wo ŋuti be, “Avu trɔna gayia nu si wòdzɔ la gbɔ” kple, “Ha si wole tsi na la gayia eƒe ba bublu dzi.”

Copyright information for EweBEE